Luke 12:22-34

Migatsi dzimaɖeɖi o

(Mateo 6:19-21, 25-34)

22Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu eye wògblɔ na wo be, “Migatsi dzi le nuɖuɖu kple nudodo alo avɔtata ŋu o 23elabena nu vavãwo le agbeme siwo hiã boo tsɔ wu nuɖuɖu kple nutata. 24Mikpɔ akpaviãwo ɖa, womeƒã nu o, womeŋẽa nu o, eye ava ɖeka hã mele wo si be woadzra nuɖuɖu ɖo ɖe eme o, gake wokpɔa woƒe gbe sia gbe nuɖuɖu, elabena Mawu ŋutɔ naa nuɖuɖu wo. Evɔ miawo la miele vevie na Mawu wu xeviwo katã!

25“Hekpe ɖe esia ŋu la, viɖe kae le dzimaɖeɖitsitsi me? Nu nyui kae wòwɔna na ame? Ɖe wòate ŋu adzi wò agbemeŋkekewo ɖe edzi ŋkeke ɖeka? Gbeɖe, esia mava eme o. 26Eye nenye be dzimaɖeɖi mate ŋu awɔ nu sue siwo megblɔ va yi o la, viɖe kae wòanye be miatsi dzimaɖeɖi ɖe nu gãwo ŋu?”

27“Mikpɔ dzogbenyawo le baliwo me ɖa. Wometrea ɖeti alo lɔ̃a avɔ o, gake Solomon ame si nɔ atsyɔ̃ gã me hã ƒe atsyɔ̃ɖoɖo mede seƒoƒo siawo tɔ nu kura o. 28Nenye be Mawu taa avɔ na seƒoƒo siwo nɔa agbe ŋkeke ʋee aɖewo ko alea ɖe, miebu be mana avɔtata miawo hã oa, mi dzimaxɔsetɔwo? 29Gawu la, migaɖe fu na mia ɖokuiwo le nuɖuɖu kple nunono ŋuti o, migana esia nakplɔ mi ade nuxaxa me o. Mawu ana wo mi. 30Amegbetɔ siwo katã le xexeame la dagbana be yewoakpɔ gbe sia gbe nuɖuɖu, ke mia Fofo si le dziƒo nya miaƒe hiahiãwo. 31Ne mietsɔ dziƒofiaɖuƒea me yiyi wɔ miaƒe taɖodzinu gbãtɔe la, Mawu ana nu siwo miehiã gbe sia gbe la mi.”

32Eya ta migavɔ̃ o, mi alẽha sue sia, elabena edzɔ dzi na mia Fofo si le dziƒo la ŋutɔ bena woatsɔ dziƒofiaɖuƒe la na mi. 33Midzra nu siwo le mia si eye miatsɔ ga la ana hiãtɔwo, esia adzi miaƒe fetu si le dziƒo la ɖe edzi. Ne miedzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, fiafitɔ aɖeke mate ŋu afi wo o eye gbagbladza aɖeke hã mate ŋu aɖu wo o. 34Afi si nèdzra wò kesinɔnuwo ɖo la, afi mae wò dzi kple wò susu bliboa nɔna.

Copyright information for EweBEE